21/08/2023
DAAVI ƑE MƆZƆZƆ (Akpa Enelia).
Togbɔ be fiẽ meɖo o hã la, Tsɔekewo megatrɔ yi eƒe dɔwɔƒe o. Eƒe dzi gbã keŋ eyata eyi aƒeme enumake. Esi woɖo aƒeame la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe akpasa aɖe si wowɔ da ɖe fafa aɖe ƒe la me henɔ ɣe me kpɔm.
Fiase aɖe le Tsɔekewo ƒe aƒe xa tututu eye le ɣemaɣi me tututu la, fiasetɔ la nɔ ha aɖe ƒom le nuƒomɔ xoxo ƒoɖi aɖe dzi. Ha la menyawo gbã dzi na Tsɔekewo keŋkeŋ. Hakpala la gblɔ le blugbe me be: "awɔ weyi ɖie mintumi, mafi ɔdɔ o." Tsɔekewo ƒe blugbe ɖe wole gadagada abe yevukoklo ƒe nukaƒe ene gake eteŋu se ha la gɔme be "avuvɔ le wɔyem ta mele nye adzi susum ɖo."
Aɖatsi lolo ɖe Tsɔekewo ƒe ŋkuwo dzi abe Masametsie ɖo be yeadza ene. Ekpɔ eɖokui dũ eye eɖokui nublanui wɔe ŋutɔ. Eɖe fɔbubu na eɖokui be yee metso kaba o eyata yetɔe medzɔ o.
Tsɔekewo nɔ afima nɔ konyifahawo dzim le susume eye menya kuraa be zã do vɔ keŋ o. Fiasetɔ si le eƒe aƒexa lae te ɖe eŋu mlɔeba hebiae be ɖee naɖe le ewɔm mahã. Tsɔekewo trɔ va eɖokui me azɔ eye wokpɔ be zã do keŋ. Meteŋu ɖo nyaa ŋu na fiasetɔla o. Etso kpla hedze gbɔme mɔ be yeavadi nane avaɖu. Esi woyina la, eto mɔ si wotoa gbesiagbe. Mɔ la to sukukpo aɖe dzi eye wodoa viviti ŋutɔ le zã me gake medoa vɔvɔ na Tsiamevi la o.
Esi Tsɔekewo ɖo sukukpo la dzi la, ekpɔ be ameaɖewo nɔ sukuxɔ ɖekanu nɔ zi yɔm. Ewɔne abe ɖe yese gbevɔe ƒe ʋeʋẽ ene. Azɔ ziyɔnya, ahanonya kpakple atamagũnyawo medoa dzidzɔ na Tsɔekewo o ta eɖe abla heto sukukpoa dzi kaba.
"Amea lae ma, nu la tututue ma, eyae vadze ahĩa nye aƒenɔ."
"Kwabena, Eka ɖe edzia? Ne medɔ Ɖistrɔya ɖe egbɔ fifia vɔ megbe hafi nevagblɔ be menye eyae o la,..."
"Barɔn, nye Kwabena mebe eyae."
Esi Tsɔekewo nɔ eme tsom la, dzeɖoɖo sia nɔ edzi yim le Kwabena kpakple Kumasi-'dzogli sesẽ Trɔbol dome. Wo ame eve la kpakple Trɔbol ƒe gaŋgaliawoe le zia yɔm le sukukpoa dzi.
Tsɔekewo yi ablɔgã aɖe dzi afisi nuɖuɖudzralawo sɔgbɔɖo fũ eye woƒle ɖɔkunu kple atadi.
Le fiẽ ma me la, dzi nɔ daavi dzɔm ale gbegbe. Enɔ lɔlɔhawo dzim henɔ alɔgbɔnui kom. Ha ɖeka aɖe si wodzi enuenue nye eʋedome lɔlɔha aɖe be: "maɖee, maɖee maɖee loo, koŋ ɖee, ne etɔ melɔ o tse maɖee, ne nɔa melɔ o tse maɖee, koŋ ɖee."
Eɖoe be ne Kwabena va yegbɔ le eveagbe la, yeaɖe kuku nɛ be woafiaye Tsɔekewo ƒe dɔwɔƒe ne yeava kpɔ nane ɖa.
Eyi ŋugble me le eɖokui me hegblɔ be: "edze be mate ɖe eŋu ne manyae nyuie. Gake ne meyi ɖee, maadze abe ɖee nua le dzidzɔm nam akpa oa? Ke nemegatrɔ va o ɖe?" Daavi ƒe susu tɔtɔ eye menya nusi yeawɔ o. Mlɔeba la, eva ɖo kpe edzi be Kwabena koe ateŋu aɖo aɖaŋu le nya la ŋu eyata yeakpɔ mɔ nɛ.
Trɔbol, amesi nye adzoblasuwo ƒe nunɔla la, dɔ eƒe gbesevi, Ɖistrɔya be woava de dexa ɖe Tsɔekewo "ayigbevi-ƒoɖi" ma ŋu alebe ne wotrɔ gbɔna ko la, yewoateŋu agblẽ nu le eŋu.
Like our page for part 5
Ketchapp