10/03/2026
AME KAE BE WOBEA?
Wobe! wobe! wobe!
Wobe Amuzue tsɔ ga la!
Nɔvi, ame kae be wobea?
Ame kae be Amuzue tsɔ ga la?
Wobe! Wobe! Wobe!
Ɖe wògbaa aƒe, gbaa ŋuto
Hegbaa du gudugudu
Wobe! wobe! wobe!
Kee dea dzre xɔ̃ kple xɔ̃ kpakple nɔviwo domeHewɔa wo wozua ketɔwo le agbe me Heyi ɖe ku me hee!
Ke nyae bena nu si ŋku kpɔ, to se Ŋɔti ʋẽ la, eyae nu gblɔna!
Wobe! wobe! wobe! medea kɔtu o hee!'
Labe wobea tovetɔ meli nɛ o!
Ame kae be wobea?